Acts 26

Paulo ɖe eɖokui nu le Agripa ŋkume

1Fia Agripa gblɔ na Paulo be, “Meɖe mɔ na wò be nàɖe ɖokuiwò nu mase.” Ale Paulo gaɖe eɖokui nu gblɔ be,

2“Fiagã Agripa, enye dzidzɔ kple bubu gã aɖe nam be mekpɔ mɔnu sia be maƒo nu le nye agbenɔnɔ ŋu na wò, 3elabena ènya nu tso Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo ŋu tsitotsito. Azɔ meɖe kuku na wò be, nàgbɔ dzi ɖi aɖo tom.

4“Ele nyanya me na Yudatɔwo katã be, wohem tso ɖevime abe Yudatɔ akuakua ene, le nye dedu Tarso kple Yerusalem, eye menɔ agbe ɖe sewo kple kɔnuwo nu pɛpɛpɛ ƒe geɖewo. 5Ne woato nyateƒe la, Yudatɔwo alɔ̃ ɖe edzi be menɔ agbe abe Farisitɔ adodoe ene eye mewɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ ɣesiaɣi. 6Ke nu bubu sã tae wotsɔ nya ɖe ŋunye fifia, eyae nye be mele mɔ kpɔm be Mawu awɔ eƒe ŋugbe si wòdo na mía tɔgbuitɔgbuiwo la dzi. 7Nu sia ke ko Israelviwo ƒe to wuieveawo katã hã le mɔ kpɔm na, hele kutri kum le subɔsubɔ wɔm zã kple keli gbe sia gbe ɖe eta. Gake fiagã, le nye ya gome la, wobe enye nu vɔ̃ mewɔ. 8Ke medi be mabia be, nu vɔ̃ wònye be ame naxɔe se be ame siwo ku la agatsi tre hã? Ewɔ nuku na wò be Mawu agafɔ ame kukuwo ɖe agbea?

9“Tsã la, mexɔe se be enye nye dɔdeasi be mawɔ funyafunya tsyowo ƒomevi ame siwo nye Yesu Nazaretitɔ la yomenɔlawo. 10Le esi ta la mexɔ ŋusẽ tso Osɔfogã gbɔ eye melé xɔsetɔ geɖewo de gaxɔ me le Yerusalem. Gawu la, ne wotso kufia na wo dometɔ aɖe la, medaa asi ɖe nuwɔna sia dzi blibo. 11Mewɔ funyafunya ƒomevi geɖewo Kristotɔ siawo kple susu be woaƒo fi ade Yesu ƒe ŋkɔ. Melé fu ame siawo ale gbegbe be, metia wo yome yia du siwo le anyigba bubuwo dzi gɔ̃ hã me.

12“Be malé wo ta la, megaxɔ ŋusẽnagbalẽ le tatɔwo gbɔ eye medze mɔ yina Damasko. 13Esi míenɔ mɔa dzi yina anɔ abe ŋdɔ ga wuieve me lɔƒe ene la, keklẽ gã aɖe klẽ ɖe mí kple ŋunyemewo dzi 14Mí katã míedze anyi. Enumake mese ame aɖe wònɔ nu ƒom nam le Hebrigbe me be, ‘Saul, Saul, nu ka ta nèle yonyeme tim? Wò ŋutɔ ɖokuiwò, ko nèle nuveve wɔmii.’

15“Mebia be, ‘Meɖe kuku, wò ame kae le nu ƒom?’ Aƒetɔ la ɖo eŋu be, ‘Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle. 16Tsi tre, elabena metia wò be nànye nye subɔla kple nye ɖaseɖila. Yi nàɖe gbeƒã wò nuteƒekpɔkpɔ sia kple bubu siwo gbɔna la fia xexeame katã. 17Makpɔ tawò eye maɖe wò tso wò ŋutɔ wò amewo kple Trɔ̃subɔlawo hã sime. Le nyateƒe me la, maɖo wò ɖe Trɔ̃subɔlawo dome be nàgblɔ nyanyui la na wo, be woƒe ŋkuwo naʋu eye woatrɔ le Abosam ƒe viviti la gblɔ ava. 18Mawu ƒe Kekeli la me, bena woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo eye woaxɔ Mawu ƒe domenyinu si li na ame siwo katã ŋuti kɔ eye wodza le xɔse me.’

19“Eya ta, Fia Agripa, nye hã mewɔ ɖe ŋutega si tso dziƒo la ƒe ɖoɖo dzi. 20Gbã la, megblɔ nyanyui la na ame siwo le Damasko eye tso afi ma la meva Yerusalem kple Yuda nutowo me. Emegbe la, meyi Trɔ̃subɔlawo dome eye megblɔ na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ ɖe Mawu ŋu eye woana woƒe nu nyui wɔwɔ nafia be wotrɔ zu ame yeyewo vavã. 21Esia tae Yudatɔwo va lém le gbedoxɔ la me be yewoawum gɔ̃ hã hafi. 22Ke Mawu kpɔ dzinye ale megale agbe egbe be magblɔ nya sia na ame sia ame ƒomevi, ame gblɔewo kple bubumewo siaa. 23Nya si megblɔna la koe nye esi nyagblɔɖilawo kple Mose gblɔ be, ‘Woawɔ funyafunya Mesia la, eyae anye ame gbãtɔ si afɔ tso ame kukuwo dome eye wòahe Kekeli vɛ na Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa.’”

24Esi Festo se nya sia ko la, edo ɣli ɖe Paulo ta sesĩe be, “Paulo, wò tagbɔ le gbegblẽm; wò agbalẽsɔsrɔ̃ fũ na wò tagbɔ flu.”

25Paulo ɖo eŋu be, “Bubume Festo, nye tagbɔ meflu o, ke boŋ nya siwo megblɔ la nye nyateƒe matrɔmatrɔ sɔŋ ko. 26Fia Agripa ŋutɔ hã nya nu le nu siawo ŋu. Meka ɖe edzi be Fia Agripa se nye siawo katã kpɔ elabena wonye nu siwo dzɔ le gaglãgbe eye womele ɣaɣla ɖe ame aɖeke o. 27Fia Agripa, mènya be èxɔ nyagblɔɖilawo ƒe nyawo dzi se; alo mele eme nenema oa?”

28Agripa xɔ nya la le Paulo nu gblɔ be, “Ɖe nèbu be nya sue si nègblɔ le afii lae ana be mazu Kristotɔ zi ɖekaa?”

29Paulo ɖo eŋu be, “Anye nye didi vevie be, togbɔ be nye nyawo meɖi naneke o hã la, wò kple ame sia ame si le afii la miatrɔ zu kristotɔwo abe ale si menyee ene ke menye to fukpekpe me abe ale si mele ekpem la ene o.”

30Le nya siawo megbe la, Fia Agripa kple mɔmefia gã Festo kpakple Benis kple wo ŋumewo katã tso hedzo. 31Emegbe esi wonɔ nya la me dzrom kpɔ le wo ɖokuiwo me la, wokpɔe dze sii be, le nyateƒe me la, Paulo mewɔ naneke si dze na ku alo gamenɔnɔ gɔ̃ hã o.

32Ale Agripa gblɔ na Festo be, “Ne menye ɖe Paulo tsɔ eƒe nya la de Kaisaro si o la anye ne ele be woaɖe asi le eŋu hafi.”

Copyright information for EweBEE